Mark 12:18-27

Yesu ƒo nu le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti

(Mateo 22:23-33; Luka 20:27-40)

18Sẽ la, Zadukitɔwo hã va do. Ame siawo nye hatsotso aɖe siwo mexɔ ame kukuwo ƒe tsitretsitsi dzi se o la me tɔwo. Wobia Yesu be, 19“Nufiala, ele Mose ƒe sewo me be ne ŋutsu aɖe ku vimadzimadzii la, eƒe tsɛ naɖe ahosia adzi viwo ɖe foa kukua ƒe ŋkɔ me. 20Azɔ nɔviŋutsu adre aɖewo nɔ anyi. Tsitsitɔ ɖe srɔ̃ eye wòku vimadzii. 21Ale ame si dzɔ ɖe ameyinugbea yome la ɖe ahosia eya hã ku vimadzii. Nɔvia si kplɔ eya hã ɖo la ɖe ahosia, gake kpao, eya hã medzi vi aɖeke kplii hafi ku o. 22Ale nɔviŋutsu adreawo ku vi aɖeke madzimadzi eye nyɔnua hã va ku mlɔeba. 23Fifia nu si míedi be míanya enye be, le tsitretsitsi ŋkekea dzi ɖe, ame kae anye nyɔnu sia srɔ̃a elabena wo ame adrea katã ɖee kpɔ.”

24Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nu si le fu ɖem na mi enye be mienya mawunya, alo Mawu ƒe ŋusẽ o. 25Elabena ne nɔviŋutsu adre siawo kple nyɔnua wofɔ tso ame kukuwo dome la, womagaɖe srɔ̃ o, srɔ̃ɖeɖe maganɔ anyi o. Woanɔ ko abe mawudɔlawo ene.

26“Ne miedi be yewoanya be enye nyateƒe be ame kukuwo atsi tre la, ekema miɖo ŋku nu si miexlẽ tso ale si Mose kpɔ ŋuve bibi la ŋu kpɔ dzi. Mawu gblɔ na Mose le afi ma be, ‘Nyee nye Abraham ƒe Mawu, nyee nye Isak kple Yakɔb ƒe Mawu.’

27“Mawu gblɔ na Mose be, togbɔ be ame siawo ku ƒe alafa nanewoe nye si va yi hã la, wogale agbe kokoko. Ɖe mele eme nenema o la, Mawu magblɔ be, ‘Menye ame kukuwo ƒe Mawu ye menye o!’ Miewɔ vodada gã ŋutɔ. Miese nya sia gɔme o.”

Copyright information for EweBEE